Locuteur: Ferdinand

Langue Éwé wiki ethnologue
Famille des langues Nigéro-congolaise wiki
Écriture latin scriptsource
Église catholique (romaine) wiki

Signe de la Croix

Le Tɔ la, kple Vi la, kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me. Amen

Notre Père

Mía Tɔ si le dziƒo, wò ŋkɔ ŋuti nekɔ, wò fiaɖuƒe neva, newowɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene. Na mí egbea míaƒe ŋkekenuɖuɖu, nàtsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, sigbe ale si míavo hã míetsɔa wo kena ame siwo da vo ɖe mía ŋuti ene, eye mega demo be miadze tetekpo me o, ke ɖe mí ɖa le vɔ̃ la gbɔ. Amen

Je vous salue Marie

Medo gbe na wò, Maria, èyɔ kple amenuvenu, Aƒetɔ la li kpakpli wò, woyra wò le nyɔnuwo dome, eye woyra wò dɔmevi Yesu. Maria kɔkɔe, Mawu Nɔ, do gbe ɖa ɖe mí nuvɔ̃wɔlawo ta fifia kple míaƒe kuɣi. Amen

Gloire au Père

Ŋutikɔkɔe na Tɔ la, kple Vi la, kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, abe ale si wònye le gɔmedzedzea me ene la, nenema ke wòanye fifia kple ɖayi heyi mavɔ. Amen

Symbole des Apôtres

Mexɔ Mawu, Tɔ ŋusẽkatãtɔ, dziƒo kple ayigba wɔla dzi se. Mexɔ mia Aƒetɔ Yesu Kristo, eƒe Vi ɖeka Akogo la dzi se, wofɔ eƒe fu tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, eye Maria Ɖetugbui leaƒe la dzii, ekpe fu le Ponto Pilato te, woklãe ɖe atitsoga ŋu, woku, eye wodii eyi tsiẽƒe eye wogafɔ tso ame kukuwo dome ŋukeke etɔ̃agbe, eyi dzifo eye wonɔ Mawu Tɔ ŋusekatãtɔ la ƒe nudusime, egale tɔtrɔ ge tso afi ma ava, adrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo. Mexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, katoliko Kristoha kɔkɔe, ame kɔkɔewo ƒe hamenɔnɔ, nuvɔ̃wo tsɔtsɔke ŋutilã ƒe fɔfɔ kple agbe mavɔ la dzi se. Amen