Prayers in Ewe | Dominik M. Ramík Dominik M. Ramík
Česky
En français


Prayers in Ewe (Èʋegbe)

list Show the list of prayers in all languages





autorenewLoading the map
 Vigorous language (126)   Endangered language (12)   Moribund / extinct language (4)
 Speaker outside of the usual language range


Do you like this project? Support it by a donation via PayPal.

Ewe (Èʋegbe)

face Speaker: Ferdinand (Togo, Notse)
add_circle_outline Church: Roman Catholic Church
translate Info about the language: text_fields Script: Latin (info on ScriptSource)
import_contacts Source of the text: The text comes from official church sources.

Sign of the Cross in Ewe (Èʋegbe)

play_circle_filled
Le Tɔ la, kple Vi la, kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me. Amen

Lord's Prayer in Ewe (Èʋegbe)

play_circle_filled
Mía Tɔ si le dziƒo,
wò ŋkɔ ŋuti nekɔ,
wò fiaɖuƒe neva,
newowɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi,
sigbe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene.
Na mí egbea míaƒe ŋkekenuɖuɖu,
nàtsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí,
sigbe ale si míavo hã
míetsɔa wo kena ame siwo da vo ɖe mía ŋuti ene,
eye mega demo be miadze tetekpo me o,
ke ɖe mí ɖa le vɔ̃ la gbɔ.
Amen

Hail Mary in Ewe (Èʋegbe)

play_circle_filled
Medo gbe na wò, Maria,
èyɔ kple amenuvenu,
Aƒetɔ la li kpakpli wò,
woyra wò le nyɔnuwo dome,
eye woyra wò dɔmevi Yesu.
Maria kɔkɔe, Mawu Nɔ,
do gbe ɖa ɖe mí nuvɔ̃wɔlawo ta
fifia kple míaƒe kuɣi.
Amen

Gloria Patri in Ewe (Èʋegbe)

play_circle_filled
Ŋutikɔkɔe na Tɔ la, kple Vi la, kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la,
abe ale si wònye le gɔmedzedzea me ene la, nenema ke wòanye fifia kple ɖayi heyi mavɔ.
Amen

Apostles' Creed in Ewe (Èʋegbe)

play_circle_filled
Mexɔ Mawu, Tɔ ŋusẽkatãtɔ, dziƒo kple ayigba wɔla dzi se.
Mexɔ mia Aƒetɔ Yesu Kristo, eƒe Vi ɖeka Akogo la dzi se,
wofɔ eƒe fu tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me,
eye Maria Ɖetugbui leaƒe la dzii,
ekpe fu le Ponto Pilato te,
woklãe ɖe atitsoga ŋu, woku,
eye wodii eyi tsiẽƒe eye wogafɔ tso ame kukuwo dome ŋukeke etɔ̃agbe,
eyi dzifo eye wonɔ Mawu Tɔ ŋusekatãtɔ la ƒe nudusime,
egale tɔtrɔ ge tso afi ma ava,
adrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo.
Mexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la,
katoliko Kristoha kɔkɔe,
ame kɔkɔewo ƒe hamenɔnɔ,
nuvɔ̃wo tsɔtsɔke ŋutilã ƒe fɔfɔ kple agbe mavɔ la dzi se.
Amen
list Show the list of prayers in all languages



Madagaskar